Matthew 14

Tatsotso le Yohanes nu

(Marko 6:14-29; Luka 9:7-9)

1Fia Herodes se Yesu ŋkɔ 2ale wògblɔ na eƒe amewo bena, “Edze ƒã be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe, eya tae wòte ŋu le nukunu geɖe siawo wɔm.” 3Azɔ la Herodes na wolé Yohanes eye woblae de gaxɔme, le Herodia nɔvia Filipo srɔ̃ ta, 4elabena Yohanes he nya ɖe Herodes ŋu be menyo be wòaxɔ nɔvia Filipo srɔ̃ aɖe o. 5Herodes di be yeawu Yohanes gake enɔ vɔvɔ̃m be ʋunyaʋunya ava dzɔ elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.

6Gbe ɖeka la, Herodes nɔ dzigbe ŋkeke ɖum, eye Herodia ƒe vinyɔnuvi va ɖu ɣe le amekpekpeawo ŋkume. Eƒe ɣeɖuɖu nyakpɔ na Herodes ŋutɔ, 7eya ta edo ŋugbe be yeana nu sia nu si nyɔnuvi la abia ye lae. 8Nyɔnuvia bia dada nu si wòabia. Dada gblɔ nɛ be nebia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta. Ale wòva do ɖe fia gbɔ gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim le agba me.”

9Nya sia te ɖe Fia la dzi ŋutɔ, gake le atam si wòka ta la, medi be yeaɖu ŋukpe le eƒe amekpekpeawo ŋkume o, ale wòɖe gbe be woatso ta le Yohanes nu atsɔ vɛ.

10Ale woyi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔ me, 11tsɔ de agba me tsɔ vɛ na nyɔnuvia eye wòtsɔe yi na dadaa.

12Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nya la eye woyi ɖaxɔ eƒe kukua heyi ɖaɖi. Emegbe woyi ɖaka nya la ta na Yesu.

Yesu nyi ame akpe atɔ̃

(Marko 6:30-44; Luka 9:10-17; Yohanes 6:1-14)

13Esi Yesu se nya sia la eya ɖeka ge ɖe ʋu aɖe me dzo le afi ma eye wòyi ɖaɣla eɖokui ɖe teƒe tsoabo aɖe. Ke ameawo kpɔ afi si wòɖo tae, eya ta wo dometɔ geɖewo tso kɔƒe vovovowo me to afɔ ti eyome.

14Ale esi wotrɔ va ƒua ta la ekpɔ be ame gbogbo aɖewo nɔ ye lalam. Woƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ eya ta wòda gbe le dɔnɔ siwo le wo dome la ŋu.

15Esi zã nɔ dodom la eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va gblɔ nɛ bena, “Afi sia la gbedzie, naneke meli ame naɖu o, evɔ la, fiẽ nuɖuɣi va yi xoxo, eya ta ɖe asi le ameha la ŋu ne woayi kɔƒe siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖaƒle nuɖuɖu.”

16Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Mehiã bena woayi aɖaƒle nuɖuɖu o, miawo midi nuɖuɖu na wo woaɖu!”

17Nusrɔ̃lawo do ɣli gblɔ bena, “Nuka, abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve pɛ koe le mia si le afi sia!”

18Yesu gblɔ na wo bena, “Mitsɔ wo vɛ.”

19Azɔ ebia tso ameha la si be woabɔbɔ nɔ anyi ɖe gbea dzi. Ale wòtsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã evea, eye wòwu mo dzi hedo gbe ɖa ɖe edzi, emegbe eŋe wo me tsɔ na nusrɔ̃lawo bena woama na ameawo. 20Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie. Eye esi woƒo nuɖuɖu wuwlui mamlɛawo nu ƒu la woyɔ kusi wuieve sɔŋ. 21Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme nɔ ŋutsu akpe atɔ̃, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o.

Yesu zɔ ƒudzi

(Marko 6:45-52; Yohanes 6:15-21)

22Le esia megbe la Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo bena woage ɖe ʋua me atso ƒua, ke ye la yeanɔ anyi ado mɔ ameha la woayi aƒeme. 23Esi wòdo mɔ ameawo wodzo vɔ la, eya ɖeka yi togbɛawo dzi be yeado gbe ɖa. Enɔ afi ma hafi zã do, 24ke afi si tɔdziʋu la ɖo la didi tso gota gbɔ eye ƒutsotsoewo nɔ enyamam elabena ya nɔ ƒoƒom henɔ ʋu la kpem.

25Anɔ abe fɔŋli ga ene me lɔƒo ene la, Yesu zɔ ƒua dzi yina wo gbɔ. 26Esi nusrɔ̃lawo kpɔe wònɔ ƒua dzi zɔm la, ŋɔ dzi wo, tete wodo ɣli kple vɔvɔ̃ be, “Ŋɔlie.”

27Yesu ƒo nu na wo enumake eye wòde dzi ƒo na wo gblɔ bena, “Nyee, migavɔ̃ o miaƒe dzi nedze eme.”

28Petro gblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ, nenye wòe tututu la, na nye hã mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.”

29Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, zɔ va.” Ale Petro ɖi ɖe tsia me le ʋua xa eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ. 30Ke esi wònye kɔ kpɔ ale si ƒutsotsoeawo nɔ nyanyrãm la, vɔvɔ ɖoe eye wode asi to yiyi me. Ale wòdo ɣli sesĩe be, “Aƒetɔ, ɖem!”

31Yesu do asi ɖa enumake eye wòhee ɖe go. Azɔ egblɔ nɛ bena, “O, wò xɔse ʋeetɔ, nu ka tae nèke ɖi mahã?”

32Esi ame eveawo ge ɖe ʋua me ko la, yaa tɔ te zi ɖeka.

33Nusrɔ̃la mamlɛawo ƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa, ale wogblɔ nɛ bena, “Mawu Vie nènye vavã!”

Yesu da gbe le dɔlélawo ŋu le Genezaret

(Marko 6:53-56)

34Azɔ wova ɖi go ɖe Ganezaret nyigba dzi. 35Woƒe vava ɖi hoo le dua katã me. Amewo nɔ tsatsam nɔ gbeƒã ɖem be amewo nakplɔ woƒe dɔnɔwo vɛ wòada gbe le wo ŋu. 36Dɔnɔ aɖewo va ɖe kuku na Yesu be yewoaka asi eƒe awu to ko, eye ame siwo katã ka asi eƒe awu to la kpɔ dɔyɔyɔ.

Copyright information for EweBEE